Revelation of John 5

Alẽvi la kple agbalè la

1Tete la mekpɔ agbalẽ aɖe le nuɖusi na ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotree kple nutrenu adre. 2Eye mekpɔ mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae dze ate ŋu aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?” 3Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. 4Mefa avi kakaka elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be woaʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. 5Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o he! Elabena Yuda to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”

6Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nugbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi. 7Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusi me. 8Esi wòxɔe ʋɔ la, nugbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋẽdonu, esiwo nye amekɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asime. 9Wodzi ha yeye be,

“Wòe dze be nàʋu agbalẽ la
Eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa,
Elabena wowu wò kpɔ
Eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu.
Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ,
Nutome ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me.
10Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo
Kple Osɔfowo ne woasubɔ míaƒe Mawu la
Eye woaɖu fia le anyigba dzi.”
11Tete mekpɔ eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe, esiwo ƒe xexlẽme anye akpe akpewo kple akpe ewo teƒe akpe ewo. Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nugbagbe eneawo kple amegãxoxoawo.

12Wole ha dzim kple gbe sesẽ be,

“Alẽvi si wowu la eyae dze
Be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete Bubu, ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu.”
13Esia megbe mese nugbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be,

“Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye
Kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ
Tso mavɔ me yi mavɔ me!”
14Nugbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi eye wosubɔe.

Copyright information for EweBEE